Romans 11

Israel ƒe ame kpɔtɔeawo

1Ekema mabia be, ɖe Mawu gbe eƒe amewo, Yudatɔwo, eye wògblẽ wo ɖia? Ao, mele nenema kura o. Miɖo ŋku edzi be nye ŋutɔ hã Yudatɔe menye; Abraham ƒe dzidzimevie menye eye metso Benyamin ƒe ƒomea me.

2Mawu meɖe asi le eya ŋutɔ ƒe amewo, ame siwo wòtia tso gɔmedzedzea me ke la ŋu o. Mieɖo ŋku nu si Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la gblɔ na Eliya esi wònɔ Israelviwo nu tsom na Mawu dzia? 3Eliya gblɔ be, “Aƒetɔ, wowu wò Nyagblɔɖilawo eye wogbã wò vɔsamlekpuiwo ƒu anyi; nye ɖeka hɔ̃ koe susɔ, eye wodi be yewoawu nye hã.”

4Mieɖo ŋku ale si Mawu ɖo nya sia ŋu dzia? Mawu gblɔ be, “Ao, menye wò ɖeka koe susɔ o. Ame akpe adre sɔŋ le asinye kpe ɖe ŋuwò, ame siwo galɔ̃am kokoko eye womedea ta agu na legbawo o!”

5Alea ke wògale egbe sia hã. Menye Yudatɔwo katãe de megbe tso Mawu gbɔ o. Ame ʋe aɖewo le xɔxɔ kpɔm le Mawu ƒe amenuveve si wòtsɔ tia woe la ta. 6Nenye Mawu ƒe amenuveve tae la, ekema menye woƒe nyonyo tae o. Elabena ne ele nenema la, ekema nu si wona faa la meganye nunana o, ke boŋ enye nu si ame ŋutɔ wɔ dɔ hekpɔ.

7Eya ta alea nya la lee nye esi: Yudatɔ geɖewo mekpɔ Mawu ƒe amenuveve si dim wole la o. Wo dometɔ ʋe siwo Mawu tia la kpɔe, ke ame bubuwo ƒe ŋkuwo gbã. 8Nu siae Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la le gbɔgblɔm esi wòxlẽ fia be Mawu na wodɔ alɔ̃, womia woƒe ŋkuwo eye woƒe towo me xe ale be womete ŋu se nu si gblɔm míele tso Kristo ŋu la gɔme o. Aleae wòle va se ɖe egbe.

9Fia David ƒo nu tso nu ma ke ŋu esi wògblɔ be, “Mina woƒe nuɖuɖu nyuiwo kple yayra bubuwo nana woabu be nu sia nu sɔ le yewo kple Mawu dome. Mina nu nyui siawo nayi atrɔ agbɔ va dze ta dzi na wo eye woagbã wo gudugudu. 10Mina woƒe ŋkuwo dzi natsyɔ ale be womagate ŋu akpɔ nu o. Mina agba kpekpe nabi dzime na wo gobaa hafi woanɔ yiyim ɖaa.”

Woagaɖo Yudatɔwo te abe tsã ene

11Ɖe esia le fiafiam be Mawu gbe Yudatɔwo tegbetegbea? Kura o! Eƒe taɖodzinue nye yeana yeƒe ɖeɖe nanɔ anyi na Trɔ̃subɔlawo hã ekema Yudatɔwo aʋã ŋu eye woadi Mawu ƒe ɖeɖe na woawo ŋutɔwo. 12Azɔ ne xexeame katã kpɔ yayra to Mawu ƒe ɖeɖenana me la, ekema ne Yudatɔwo agbe Mawu ƒe ɖeɖe la xɔxɔ la, mibu yayra gã si wu esia, si ava xexeame dzi ne Yudatɔwo hã va xɔ Yesu la ŋu.

13Abe ale si mienya ene la, Mawu tiam be manye dɔtsɔla tɔxɛ na mi Trɔ̃subɔlawo. Metea gbe ɖe nu sia dzi eye meɖoa ŋku edzi na Yudatɔwo ɣesiaɣi si mate ŋui, 14ale be, ne mate ŋui la, mana woadi nu si le mi Trɔ̃subɔlawo si eye mato esia me aɖe wo dometɔ aɖewo. 15Anye nu wɔnuku gã aɖe ŋutɔ ne wozu kristotɔwo. Mawu ƒe tɔtrɔ le wo yome fia be Mawu trɔ ɖe xexeame ƒe akpa bubuawo ŋu be yeatsɔ yeƒe ɖeɖe ana wo. Aganye nu si awɔ nuku wu ne Yudatɔwo azu kristotɔwo. Anɔ abe ame kukuwo ƒe agbegbɔgbɔ ene. 16Eye zi ale si Abraham kple nyagblɔɖilawo nye Mawu ƒe amewo la, wo viwo hã anye Mawu ƒe amewo. Elabena ne ati aɖe ƒe kewo le kɔkɔe la, eƒe alɔwo hã anɔ kɔkɔe.

17Ke wolã alɔ siawo dometɔ aɖewo, siwo le Abraham ƒe ati la ŋu la ɖa; ame siawoe nye Yudatɔwo. Eye mi Trɔ̃subɔlawo, mienye alɔwo tso amiti aɖe si nɔ gbeme la dzi, ke azɔ la, mieva zu alɔ na Abraham ƒe ati la. Eya ta azɔ la, miawo hã mixɔ yayra si ŋugbe Mawu do na Abraham kple viawo eye miakpɔ gome le Mawu ƒe nunyiame me tso eya ŋutɔ ƒe amiti tɔxɛ la gbɔ.

18Gake mikpɔ nyuie be miagaƒo adegbe be wotsɔ yewo ɖo atilɔ siwo wolã ɖa la teƒe o. Miɖo ŋku edzi be miele vevie le ale si mienye Mawu ƒe ati la ƒe akpa aɖe la ɖeɖe ko ta; alɔ ko mienye, menye ati la ƒe kee mienye o.

19Miagblɔ be, “Wolã alɔ siawo ɖa be woakpɔ teƒe nam. Esia fia be menye ame dzadzɛ.”

20Kpɔ nyuie. Ɖo ŋku edzi be wolã alɔ ma siwo nye Yudatɔwo ɖa, elabena womexɔ Mawu dzi se o, eye miawo miezu alɔwo le miaƒe dzixɔse ɖeɖe ko ta. Migado mia ɖokuiwo ɖe dzi o; mibɔbɔ mia ɖokuiwo, mida akpe eye miakpɔ nyuie. 21Elabena ne Mawu mekpɔ nublanui na atilɔ gbãtɔwo o la, makpɔ nublanui na miawo hã o. 22Mide dzesi ale si Mawu nyoa dɔme eye wògahea to hãe. Esẽa asi ɖe ame siwo gbea toɖoɖoe la dzi, ke enyoa dome ne míeyi elɔlɔ̃ kple edzixɔxɔse dzi. Ke ne míelɔ̃e o eye míexɔ edzi se hã o la, alã míawo hã ɖa. 23Ke ne Yudatɔwo aɖe asi le woƒe dzimaxɔse ŋu eye woatrɔ ava Mawu gbɔ la, Mawu agaxɔ wo ado ɖe ati la dzi. Ŋusẽ le esi be wòawɔe.

24Elabena ne Mawu lɔ̃ be yeaxɔ mi ame siwo nɔ adzɔge ke, mienye amiti dzodzro aɖe ƒe akpa aɖe tsã eye fifia yeaxɔ mi ado ɖe ye ŋutɔ yeƒe ati nyui dzi, nu si medzɔna edziedzi o la, ɖe miekpɔe be anɔ klalo sãa wu be yeagbugbɔ Yudatɔwo, ame siwo nɔ afi ma tsã la axɔ oa?

Israel katã akpɔ ɖeɖe

25Nɔvi lɔlɔ̃awo, medi be mianya nyateƒe sia tso Mawu gbɔ, ale be miagado mia ɖokuiwo ɖe dzi eye miade asi dada me o. Ẽ, eme kɔ be Yudatɔ aɖewo tsi tsitre ɖe nyanyui la ŋu azɔ, ke anɔ alea va se ɖe esime mi Trɔ̃subɔla siwo katã lɔ̃ la, miava Kristo gbɔ. 26Ekema Israel blibo la akpɔ ɖeɖe.

Mieɖo ŋku nu si nyagblɔɖilawo gblɔ tso nu sia ŋuti dzia? “Xɔla aɖe ado tso Zion eye wòatrɔ Yudatɔwo katã ɖa tso mawumavɔmavɔ̃ ɖe sia ɖe ƒomevi gbɔ.
27Ɣemaɣi me la, maɖe woƒe nu vɔ̃wo katã ɖa abe ale si medo ŋugbee ene.” 28Azɔ la Yudatɔ geɖeawo nye nyanyui la ƒe futɔwo. Wolé fui. Ke nu sia nye viɖe na miawo, elabena ena Mawu tsɔ eƒe nunana na mi Trɔ̃subɔlawo. Ke Mawu galɔ̃a Yudatɔwo kokoko le eƒe ŋugbe si wòdo na Abraham, Isak kple Yakɔb la ta. 29Elabena Mawu magagbugbɔ eƒe nunanawo kple eƒe ameyɔyɔ axɔ o; Mawu magbe eƒe ŋugbedodowo dzi wɔwɔ gbeɖe o. 30Tsã la, mienye aglãdzelawo ɖe Mawu ŋu, ke esi Yudatɔwo gbe eƒe nunanawo xɔxɔ la, Mawu ve miawo nu ɖe wo teƒe. 31Azɔ la, Yudatɔwoe nye aglãdzelawo. Gake gbe ɖeka la, woawo hã akpɔ gome le Mawu ƒe amenuveve si wòkɔ ɖe mia dzi la me. 32Elabena Mawu ɖe ŋku ɖa le wo ŋu le woƒe nu vɔ̃ ta ale be yeate ŋu akpɔ nublanui na amewo katã sɔsɔe.

Ŋutikɔkɔe woana Mawu

33O, Mawu wɔnukɔ aɖe ŋutɔe le mía si. Eƒe nunya kple kesinɔnuwo lolo loo! Míate ŋu ase eƒe nyametsotsowo kple ɖoɖowo me akpɔ o! 34Elabena mía dometɔ kae ate ŋu anya Aƒetɔ la ƒe tame? Ame kae nya nu ale gbegbe be wòate ŋu azu eƒe aɖaŋudela alo mɔfiala? 35Ame kae ate ŋu adɔ Aƒetɔ la ɖa be wòaɖe mɔ amea nawɔ nane? 36Elabena Mawu ko gbɔe nu sia nu tsona. Nu sia nu le agbe le eya ko ƒe ŋusẽ ta, eye nu sia nu li na eƒe ŋutikɔkɔe. Ŋutikɔkɔe nanye etɔ tegbee!

Copyright information for EweBEE